16 Eyaŋuti mele nu xlɔ̃m mi bena: Mizu srɔ̃nyelawo.
16 Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi be miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la.
Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.
Mizu hanyesrɔ̃lawo, nɔviwo, eye milé ŋku ɖe amesiwo zɔna nenema ke la ŋuti, abe alesi míenye kpɔɖeŋu na mi ene:
Nusiwo hã miesrɔ̃, eye miexɔ, eye miese, eye miekpɔ le gbɔnye la, nusiawo ke miwɔ, eye ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mi.
Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,
menye ɖe ŋusẽ mele mía si o, ke boŋ bene míawo mia ɖokui kpɔɖeŋu na mi, bena miasrɔ̃ mí.
Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.
menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene,