Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko!

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 4:10
38 Mawu Ofanana  

Eye esi Yehu do va eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ la, wobiae bena: Eme nyoa? Nya ka ta aɖaʋatɔ sia va gbɔwò ɖo? Eɖo ŋu na wo bena: Mienya ŋutsu la kple eƒe nuwɔwɔ tso!


Ame manyanu doa vlo ehavi; ke ame nyanu zia kpi.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.


Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.


Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


Eye wòɖo lo sia na amea ɖewo, siwo ɖo dzi ɖe woa ŋutɔwo ɖokui ŋu bena, yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobu ame bubuwo be, womenye naneke o la bena:


Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta.


Eye Epikuro- kple Sloa-nunyaxɔlɔ̃a ɖewo hã sẽ nu kplii. Eye amea ɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ Ke ɖewo bena: Ewo abe dutamawuwo fiãm wòle ene; elabena egblɔ Yesu kple tsitretsitsi ƒe nyanyuie la fia wo.


Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, amea ɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi.


Eye esi wòɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ bena: Ele tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukuno!


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo;


Elabena Mawu ƒe bometsitsi nyaa nu wua amegbetɔwo, eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sẽa ŋu wua amegbetɔwo,


Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me;


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Mena notsi mi mieno, eye menye nuɖuɖu sesẽ o, elabena miesẽ ŋu haɖe o; eye fifi hã miesẽ ŋu haɖe o,


Míeɖi ƒo xoxo, míezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mi ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene miawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo!


Elabena wogblɔ be: Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋuta nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.


Elabena esi míenye aɖaŋudzelawo ŋuti la, mielɔ̃na doa dzi tsoa bometsilawo ƒe nyawo.


Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa?


Elabena ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, miekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti.


Eyata ku la sẽa ŋu le mia me: ke agbe la le mia me.


to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe;


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa