Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 3:8
25 Mawu Ofanana  

Mawu ƒo nu zi ɖeka, eye nu eve mese le eme; Mawu tɔe nye ŋusẽ,


Amesi kpɔa eƒe gboti dzi la, aɖu eƒe kutsetse; nenema ke amesi dzɔa eƒe aƒetɔ ŋu la, woade bubu eŋu.


Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eye wògblɔ na eya hã bena: Wò hã ànɔ du atɔ̃ dzi.


amesi aɖo teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu:


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu.


Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ.


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋuta ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.


Elabena amesiame atsa ye ŋutɔ ƒe agba.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa