Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 3:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eyata amea ɖeke nagaƒo adegbe le amewo ŋuti o, elabena nuwo katã nye mia tɔ,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ,

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 3:21
12 Mawu Ofanana  

Eye dzika atso wo ƒo, eye ŋu akpe wo ɖe Kus, si ŋu wole ŋu ɖom ɖo kple Egipte, si ta wole adegbe ƒom ɖo la ŋuti.


Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va.


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?


Ke nɔviwò, nusiawo megblɔ heɖo mía kple Apolo ŋuti le mia ta, bene miasrɔ̃ nu le mía gbɔ, bena miagasusu awu nusi woŋlɔ ɖi la o, bena mia dome amea ɖeke nagado eɖokui ɖe dzi le ame ɖeka ta ɖe ame bubu ŋuti o.


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa