Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:8
22 Mawu Ofanana  

Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Ɖe amegãwo alo farisitɔwo dometɔa ɖe xɔ edzi se mahã?


Tete wogblɔ nɛ bena: Afika fofowò la le? Yesu ɖo ŋu bena; Mienya mía kple Fofonye o. Ɖe mienyam la, mianya Fofonye hã.


Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Eye eya gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran,


Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?


Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;


ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.


bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me,


amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti,


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, tsi nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa