Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:4
28 Mawu Ofanana  

Amesi nye sakplitɔ le yiyim la, nua go nya ɣaɣla; eyata megaɖe ha kple nu kpoli ƒola o.


Etsɔ eƒe nuƒoƒo geɖegeɖeawo blee, eye wòtsɔ eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lẽe.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Nu dzodzroa kpɔm wole, eye alakpanya gblɔm wole ɖi; wo, amesiwo le gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye Yehowa medɔ wo o hafi, eye wole mɔ kpɔm be, nya la ava me.


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Tete Agripa gblɔ na Paulo bena: Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu kristotɔ.


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Elabena Kristo medɔm be, made mawutsi ta na ame o, hafi bena magblɔ nyanyuie la afia boŋ, menye le nya ƒe nunya me o, bena Kristo ƒe atitsoga la nagazu dzodzro o.


Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o.


Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.


Elabena menye nya mee mawufiaɖuƒe la le o, hafi ŋusẽ me boŋ wòle.


le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,


Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.


Ke esia gblɔm mele bena, amea ɖeke nagable mi kple nyaƒoƒoɖeamenu o.


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.


Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.


Le ŋkeke eneagbe la wogblɔ na Simson srɔ̃ bena: Ƒoe ɖe srɔ̃wò nu, ne wòaɖe adzo la gɔme na mí! Ne menye nenem o la, míatɔ dzo mia kple fofowò ƒe aƒe! Alo ɖe miekpe mí, be miawɔ mi ame dahewoea?


Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ble enu, ne nadze si nusi me eƒe ŋusẽ gã la le, kple nusi míatsɔ aɖu edzi, kpakple nusi míatsɔ ablae, be míabɔbɔe ɖe anyi; ekema mía dome amesiame ana klosalo akpe kple alafa ɖeka wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa