Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:3
22 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi la Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le Yehowa Zebaot ƒe asi, si wònyẽ ɖe wo ŋu la ŋuti.


Eye esi woto Amfipoli kple Apolonia la, wova Tesalonika, afisi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ɖe le:


Nusiawo megbe la Paulo dzo le Atene, eye wòva Korinto.


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Elabena wogblɔ be: Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋuta nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.


Wònye gbɔdzɔgbɔdzɔ me wòtso woklãe ɖe atitsoga ŋu hafi, gake la Mawu ƒe ŋusẽ me wòtso wòle agbe. Elabena míawo hã míegbɔdzɔ le eyama me; gake mía kplii míanɔ agbe le Mawu ƒe ŋusẽ me le mia gome.


Elabena ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, miekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti.


Eyata esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mia ŋu o.


Eyata ɖeɖi metea mia ŋu o: ke ne miaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.


ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,


Eye miaƒe nu lé dzi nɛ geɖe wu, esi wòɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo la dzi, alesi mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la.


Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me.


Mi dɔlawo la, miɖo to mia aƒetɔwo le ŋutilã nu kple vavã kpakple dzodzo nyanyanya le miaƒe dzimekɔkɔ me abe Kristo ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa