Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke gbɔgbɔmeme la kpɔa nuwo katã me, ke eya ŋutɔ la amea ɖeke mekpɔa eme o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:15
21 Mawu Ofanana  

Eye wò dɔlanyɔnu bu be: Nye aƒetɔ fia la ƒe nya ana ɖoɖoe nazi: elabena nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe dɔla ene, amesi wòase nyuia kple vɔ̃a; eye Yehowa, wò Mawu, anɔ kpli wò.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme o, ke amesiwo dia Yehowa la, sea nuwo katã gɔme.


Amesi dzra sedede ɖo la, vɔa ɖeke mava edzi o, eye nunyala ƒe dzi nyaa azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Amesia dim Paulo le bena, woakpe ɖe ye ŋuti, eye wòtso aʋa nɛ le Yudatɔ, siwo le afima nutoawo me la ta; elabena wo katã wonyae bena, fofoa nye Helatɔ.


Ke ne amea ɖe bua eɖokui nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmeme la, nedze si nusiwo meŋlɔ ɖo ɖe mi la bena, Aƒetɔ la ƒe sededewoe.


Eye nye hã, nɔviwo, nyemete ŋu ƒo nu kpli mi abe gbɔgbɔmemewo ene o, hafi abe ŋutilãmemewo ene, abe vidzĩewo le Kristo me ene.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,


Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã.


Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa