Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke miawo la miexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ miexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:12
17 Mawu Ofanana  

Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?


hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòaɖo ŋukpe nunyalawo, eye Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo;


Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;


eɖanye Paulo o, eɖanye Apolo o, eɖanye Kefa o, eɖanye xexeame o, eɖanye agbe o, eɖanye ku o, eɖanye nusi li fifi alo nusi le vava ge o; nuwo katã nye mia tɔ,


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu —


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã.


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Eye wògblɔ nam bena: Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo, eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo ƒe Aƒetɔ, Mawu la, dɔ eƒe dɔla, bene wòaɖe nusiwo le eme va ge kpuie la, afia eƒe dɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa