Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.
ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.
Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.