Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.
Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu me va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa.
Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.
Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.
amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,
Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo,