Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 16:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 16:2
22 Mawu Ofanana  

Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.


Tete Laban gblɔ nɛ bena: Ve nunye dzro! Elabena medze sii bena, Yehowa yram le tawo.


Nusi le asiwò hafi meva la, ele sue ko; ke azɔ la edzi ɖe dzi ŋutɔ, eye afisiafi, si meto la, Yehowa yraa wò; ke ɣekaɣi gɔ̃e nye hã mawɔ dɔ na ɖokuinye?


Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


Xa nye nusi wotsɔ vɛ na wò la dzro, elabena Yehowa yram, mekpɔ nu geɖe! Eye wótèe ɖe ŋu, vaseɖe esime wòxɔe.


Tete nunɔlagã Azarya tso Zadok-ƒe me ɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Tso esime wode asi nudzɔdzɔ tsɔtsɔ me va Yehowa-ƒe me la, mieɖu nu ɖi ƒo, eye wòkpɔtɔ taŋtaŋ, elabena Yehowa yra eƒe dukɔ la, eyata nu gbogbo siawo kpɔtɔ.


Ewo nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi.


Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la wova yɔdo la gbɔ, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe, si wodzra ɖo la, de asi, eye amea ɖewo hã kpe ɖe wo ŋu heva.


Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!


Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi!


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.


ke boŋ ɖo ŋku Yehowa, wò Mawu la dzi, elabena eyae na ŋusẽ wò, be nakpɔ kesinɔnuwo, ne wòawɔ nusi wòbia kple fofowòwo la dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa