Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke ne Timoteo va la, mikpɔ nyuie, bena wòagavɔ̃ le mia gbɔ o, elabena ewɔa Aƒetɔ la ƒe dɔ la abe nye ke ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 16:10
11 Mawu Ofanana  

Eye wòde Derbe kple Listra; eye kpɔ ɖa, nusrɔ̃laa ɖe le afima, eŋkɔe nye Timoteo, Yuda-nyɔnua ɖe, si xɔ se la ƒe vi; ke fofoa nye Helatɔ.


Eye esi wòdo eƒe kpeɖeŋutɔwo dome ame eve, Timoteo kple Erasto, ɖo ɖe Makedonia la, eya ŋutɔ tsi Asia ʋee.


Timoteo, hanyedɔwɔla, kple Lukio kple Yason kple Sosipatro, ƒonyemetɔwo, ɖuɖɔ mi ƒã.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Eyata amea ɖeke magado vloe o! Ke miɖoe ɖa le ŋutifafa me boŋ, bene wòava gbɔnye, elabena mele eya kple nɔviawo lalam.


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa