Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 15:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

52 Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 15:52
24 Mawu Ofanana  

Ale ŋɔdzi na wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, wobu, eye wo nu yi!


Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya.


Esi dukɔ blibo la se dziɖegbe kple kpẽawo ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzikedzo kple alesi toa le dzudzɔ tumi la, dukɔ la dzo nyanyanya, eye wotsi tre ɖe adzɔge ke.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne manɔ mia dome ayi kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã la, matsrɔ̃ mi. Eyata miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi, eya ko hafi manya, nusi mawɔ na mi.


Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe, eye ne woku kpẽ la, miasee!


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


ekpɔ yi gbɔna ɖe anyigba la ŋu, eye woku kpẽ xlã nu dukɔ la,


Ne gbetakpɔla kpɔ yi gbɔna, ke meku kpẽ o, eye mexlɔ̃ nu dukɔ la o, eye yi va heɖe ame ɖeka ɖa le wo dome la, ame ma ƒe vodada tae woɖee ɖa ɖo, ke mabia eƒe ʋu tso gbetakpɔla la si me.


Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


Ke ne woku kpẽ ɖeka ko tatata la, ekema Israel ƒe ame akpeawo ƒe amegãwo naƒo ƒu ɖe gbɔwo.


Mite ɖe aga le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe:


Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la;


Nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le: Woƒãa nu le gbegblẽ me, eye woafɔe ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me;


Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o.


Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa de me bena, mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, miadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.


Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa