Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.
menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.
eɖanye Paulo o, eɖanye Apolo o, eɖanye Kefa o, eɖanye xexeame o, eɖanye agbe o, eɖanye ku o, eɖanye nusi li fifi alo nusi le vava ge o; nuwo katã nye mia tɔ,