Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 15:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 15:34
17 Mawu Ofanana  

Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Ke mínyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe.


Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla.


Mi ahamulawo, minyɔ, eye mifa avi! Mi weintsunolawo katã, mixa nu ɖe aha yeye ŋu, elabena woɖee le nu me na mi.


Tete ʋumefia te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Alɔ̃ dɔm wòa nèlea? Fɔ nayɔ wò Mawu! Amea ɖe menya nu o Mawu aɖo ŋku mía dzi, be míagatsrɔ̃ o hĩ.


Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o.


Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.


Eye wògblɔ bena: Amea ɖeke o, Aƒetɔ. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi la megawɔ nuvɔ̃ o.


Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu bena, enye nusi womate ŋu axɔ ase oa?


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.


Menye ɖe meŋlɔ nusiawo, bene maɖo ŋukpe mi o, ke boŋ bene maxlɔ̃ nu mi abe nye lɔlɔ̃viwo ene.


Ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo! A, vavãe, nunyalaa ɖeke mele mia dome oa? Ɖeka hɔ̃ meli, si ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le nɔviawo dome oa?


Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii.


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa