Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 14:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena ne èle akpe dam kple gbɔgbɔ la, aleke lawɔ, amesi le numanyamanyatɔ nɔƒe la, agble amen aƒu wò akpedada dzi, esi menya nusi nègblɔ la o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 14:16
30 Mawu Ofanana  

Tete Benaya, Yehoyada vi, xɔ edzi gblɔ na fia la bena: Neva me! Alea Yehowa, nye aƒetɔ fia la ƒe Mawu, agblɔ aƒu edzi.


Woakafu Yehowa Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Tete dukɔ blibo la gblɔ be: Nenɔ alea! Eye wokafu Yehowa.


Meʋuʋu nye akɔnu gblɔ bena: Ale Mawu aʋuʋu amesiame, si mewɔ nya sia dzi o la, tso ele me kple eƒe nuwo gbɔe, eye alea wòaʋuʋui wòaɖi gbɔlo! Tete ameka blibo la do ŋu bena: Neva me! Eye wokafu Yehowa. Eye dukɔ la wɔ nya sia dzi.


Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la wu asi dzi heɖo ŋu bena: Neva me! Neva me! Wobɔbɔ hede ta agu de Yehowa ŋku me, eye wotsyɔ mo anyi.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


siwo wò futɔwo tso le alɔme ɖemi, Yehowa, wotsɔ le alɔme ɖemi le wò amesiamina la ƒe afɔtoƒewo ŋui!


ne mawɔ atam, si meka na mia fofowo be, matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na wo la dzi, abe alesi wòzu egbeawo ene. Eye meɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa, neva me!


gblɔ bena: Neva me, Yehowa newɔ alea! Yehowa newɔ wò nya, si negblɔ ɖi la dzi, eye woahe Yehowa ƒe aƒe me miawo kple aboyomeawo katã tso Babel agbɔ va teƒe sia.


Tsi, si hea fiƒode va ame dzi la, aɖo wò dɔme, ƒodo adzi ɖe nuwo, eye wò ali aklẽ! Eye nyɔnu la naɖo ŋu bena: Neva me nenema, neva me nenema!


eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.


Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ lãgbalẽ, siwo ŋlɔ ge wòala o.


Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã!


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


eye esi wòda akpe le eta la, èŋe eme gblɔ bena: „Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta; miwo esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


Elabena ne metsɔa gbegbɔgblɔ doa gbe ɖa la, nye gbɔgbɔ la doa gbe ɖa, gake nye tamesusu metsea ku o.


Elabena amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, meƒoa nu na amewo o, ke na Mawu boŋ; elabena amea ɖeke mesene o, ke gbɔgbɔ me wòle nya ɣaɣlawo gblɔm le;


Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.


Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!


Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.


Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa