Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nenye ɖe megblẽ nye nuwo katã henyi ame dahewo, eye nenye ɖe metsɔ nye ŋutilã na, bene woafiãm, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne nyemenyo na naneke o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 13:3
22 Mawu Ofanana  

Maɖe wò dzɔdzɔenyenye afia; ke wò dɔwɔwɔwo maxɔ na wo o.


Kpɔ ɖa, miele dzi ɖom ɖe alakpanya, si mele ɖeke me o la ŋuti.


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.


Ke Petro gblɔ bena: Kpɔ ɖa, miawo la miegblẽ míaƒe nuwo ɖi, eye miedze yowòme.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.


Petro gblɔ ne bena: Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi, ɖe tawò.


Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.


Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabia le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mia nɔewo ŋu, eye miaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa