Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mienyae bena, trɔ̃subɔlawo míenye tsã, eye miena wohe mi yi ɖe trɔ̃ maƒonuwo gbɔ, abe alesi wokplɔ mi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 12:2
15 Mawu Ofanana  

Nu li na wowomeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o;


asi li na wo, wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, womezɔa azɔli o, eye womeƒoa nu toa ve me o.


Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o;


Wokɔe ɖo abɔta, eye wode ta ete ɖadro ɖe enɔƒe; etsia tre ɖi meʋãna tsoa eteƒe o. Ne amea ɖe do ɣli nɛ hã, mesenɛ o, eye meɖenɛ tsoa eƒe hiã la me o.


Woɖi xenyãnu le adzamatregble me, eye womate ŋu aƒo nu o; ele be, woatso wo, elabena womezɔa azɔli o. Migavɔ̃ wo o, elabena womewɔa vɔ̃a ɖeke o, eye nyuiwɔwɔ hã mele wo ŋu o.


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


Ke ɣemaɣi, esime mienya Mawu o la, mienye nusiwo menye mawuwo tso dzɔdzɔ me o la ƒe kluviwo.


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa