Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 gake Gbɔgbɔ ɖeka mao wɔa nusiawo katã, eye wòmã nu na amesiame wo tɔxɛ wo tɔxɛ, abe alesi wòlɔ̃na ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la na mí.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 12:11
18 Mawu Ofanana  

ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?


Yohanes ɖo ŋu gblɔ bena: Ame mate ŋu axa naneke o, ne menye ɖe wonae tso dziƒo o.


Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.


Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.


eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu:


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Ke azɔ la Mawu tsɔ ŋutinuwo dome ɖesiaɖe ɖo ŋutilã ŋuti, abe alesi wòlɔ ene.


Ke amenuvevenunana bubu ƒomeviwo li, gake Gbɔgbɔ ma kee,


Eye ŋusẽdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Mawu ma ke, si wɔa dɔwo katã le amewo katã me lae.


Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.


Elabena mele didim bena, amewo katã nanɔ anyi, abe alesi nye hã mele ene; gake amesiame kpo ye ŋutɔ ƒe amenuvevenuna tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.


Ke míawo la, míaƒo adegbe wòagbɔ me o, ke boŋ le dzidzeka ƒe dzidzedzidze, si Mawu ma na mí la nu, bene miade keke mia gbɔ hã.


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


Ke mia dome amesiamee wona amenuveve le Kristo ƒe nunana ƒe dzidzenu la nu.


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa