Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 11:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Esia ŋuti mia dome ame geɖe ƒe lãme gbɔdzɔ, eye amewo le dɔ lém, eye ame geɖewo ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 11:30
19 Mawu Ofanana  

gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.


Tete Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esi mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋku me o ŋuti la, eyata makplɔ ha sia aɖe anyigba, si matso na wo la dzi o.


Aron nayi tɔgbuiawo gbɔ; elabena mele anyigba, si matsɔ na Israel-viwo la, dzi de ge o, le esi miesẽ to ɖe nye sea ŋu le dzrewɔtsia gbo la ta.


Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;


Elabena amesi ɖunɛ alo nonɛ madzemadze la, eɖua, eye wònoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui, elabena mebu Aƒetɔ la ƒe ŋutilã me kpɔna o.


Elabena ɖe mieɖu mia ɖokui me kpɔ la, anye ne womele ʋɔnu drɔ̃ ge mi o.


Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.


Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã miele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme,


Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa