Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke mele mia kafum, nɔviwò, bena mieɖoa ŋku dzinye le nusianu me, eye mielé nyaɖoɖoawo me ɖe asi, abe alesi meɖo na mi la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu!

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 11:2
12 Mawu Ofanana  

Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Ke esi mede se sia na mi ta, nyemate ŋu akafu mi o bena, mieva kpea ta, menye bena mianye awu o, ke boŋ bene miagblẽ ɖe dzi awu.


Alo ɖe aƒewo mele mia si, miaɖu nu, eye miano nu le wo me oa? Alo ɖe mieɖoa vlo Mawu ƒe hame, eye mieɖoa ŋukpe amesiwo mekpɔ nuwo o la mahã? Nuka gblɔ ge mala? Ɖe makafu mia? Esia me la nyemele mia kafu ge akpɔ o.


si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, ne mielée ɖe asi, abe alesi metsɔ nyanyuie la gblɔ fia mi ene la; anye ne miexɔ edzi se dzodzo.


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


Ke azɔ la, esi Timoteo tso mia gbɔ va mia gbɔ, eye wòhe dzidzɔnya vɛ na mí le miaƒe xɔse kple miaƒe lɔlɔ̃ ŋuti, eye bena mietsɔa ŋkuɖoɖodzi nyui ɖoa ŋku mía dzi ɖaasi, eye bena edzroa miawo hã be, míakpɔ mí, abe alesi wòdzroa míawo hã be, miakpɔ mi ene la ŋuti;


Eyata azɔ, nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe, eye milé nuɖoanyi, si wofia mi, eɖanye to nya alo to míaƒe agbalẽ me o la, ɖe asi.


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa