1 Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.
1 Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene.
abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.
Eyaŋuti mele nu xlɔ̃m mi bena: Mizu srɔ̃nyelawo.
Mizu hanyesrɔ̃lawo, nɔviwo, eye milé ŋku ɖe amesiwo zɔna nenema ke la ŋuti, abe alesi míenye kpɔɖeŋu na mi ene:
Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,
menye ɖe ŋusẽ mele mía si o, ke boŋ bene míawo mia ɖokui kpɔɖeŋu na mi, bena miasrɔ̃ mí.
bene míagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.