Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dome amea ɖewo ene o, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, wòdu nu, eye wono nu, eye wotsi tre, eye wode asi fefe me.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.”

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:7
14 Mawu Ofanana  

Esi Yosua se dukɔ la ƒe ɣli la, egblɔ na Mose bena: Aʋaɣli le ɖiɖim le asaɖa la me!


Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.


Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!


Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o.


Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo,


Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii.


Eye Yehowa gblɔ nam bena; Netsɔ naɖi ayi, elabena wò dukɔ, si nèkplɔ tso Egipte la, wɔ nu gbegblẽ, wote ɖa le mɔ, si meɖo na wo la dzi enumake, eye wokɔ legba na wo ɖokui.


Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa