Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:6
12 Mawu Ofanana  

Eye yakame, siwo le wo do me la, de asi nudzodzro me, tete Israel-viwo gafa avi gblɔ bena: Ameka gɔ̃e le lã na ge mi miaɖu hã?


gake ku la ɖu fia tso Adam dzi vaseɖe Mose dzi ɖe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la dzi, amesi nye amesi gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu la.


Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.


Azɔ minɛ miado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene amea ɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbea ɖeke me o.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me;


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa