Esi dɔ wu wo la, èna abolo wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo, eye nègblɔ na wo be, woade anyigba, si nèdɔ wò alɔ de dzi be, yeatsɔ na wo la dzi axɔe woanye wo tɔ.
Eye esi Israel-viwo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Nuka nye esi? Elabena Womenya nusi wònye o. Tete Mose gblɔ na wo bena: Esia enye abolo, si Yehowa na mi, be miaɖu la.
Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, mana abolo nadza atso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu, bena mado wo akpɔ be, woazɔ de nye seawo nu loo, alo womazɔ ɖe enu o.
Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.