Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí, ale be míawo hã míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ, ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexea me ƒe nuwuwu tu aƒe.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:11
17 Mawu Ofanana  

Eye le zã sia me hã wona wein wo fofo wono, eye ɖevitɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ; ke eya menya naneke le eƒe egbɔ mɔmlɔ kple fɔfɔdzo ŋuti o.


atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.


Eye azu alɔmeɖenu kple vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzinu na dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnu wò le dɔmedzoe kple dziku me, eye mehe to na wò kple dziku; nye Yehowa ye gblɔe;


eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo.


Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu.


Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.


Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ miaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye miado kekeli ƒe aʋawɔnuwo!


Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ.


Gake menye eya ɖeɖeko ta woŋlɔe ɖi ɖo bena, wobui nɛ o;


Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.


Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;


Alo menye mia ŋuti pete wogblɔe ɖo oa? Mía ta woŋlɔe ɖo bena, amesi ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me; eye amesi tugua mɔli la, natugui le mɔkpɔkpɔ me, bena wòakpɔ gome le eme!


Nusiawo nye lododo; elabena esiawo nye nubabla eveawo. Ɖeka tso Sinai-to la dzi, si dzia vi hena kluvinyenye, esia nye Hagar;


Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo.


eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.


„Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la, nava, eye mahe ɖe megbe o;


Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa