Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome amea ɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Le esi wolĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:10
23 Mawu Ofanana  

Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖe Yerusalem dzi, be yeagblẽe la, vɔ̃ la ve Yehowa, eye wògblɔ na mawudɔla, si le nu gblẽm le dukɔa dome la bena: Esɔ gbɔ! Azɔ ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Eve Yehowa ƒe dɔla la le Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe gbɔ.


Eye Mawu dɔ dɔlaa ɖe ɖo ɖe Yerusalem, be wòaɖagblẽe. Ke esi wòde asi nugbegblẽ me la, Yehowa kpoe, eye vɔ̃ la vee, eye wògblɔ na dɔla, si le nu gblẽm la bena: Esɔ gbɔ azɔ, ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Yehowa ƒe dɔla la tsi tre ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔ ƒe gbɔ.


Tete Yehowa dɔ dɔlaa ɖe ɖa wòva tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpe. Eye esi wòyi eƒe mawuwo ƒe me la, eya ŋutɔ ƒe alimeviwo va dzae kple yi ɖe afima.


woli liʋiliʋi le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa ƒe gbe o.


Elabena ne Yehowa yina Egiptetɔwo gblẽ ge, eye wòkpɔ ʋu, si le ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti la, Yehowa ato ʋɔtru la ŋu, eye mana nugblẽla la nage ɖe miaƒe xɔwo me awu mi o.


Eye dukɔ la li Mose ŋu gblɔ bena: Nuka no ge míala?


Eye Israel-viwo katã li Mose kple Aron ŋu, eye ha blibo la gblɔ na wo bena: Oo, ɖe mieku le Egipte-nyigba dzi boŋ, ɖe mieku le gbe sia dzi boŋ la, ne nyo wu!


eye woku, le esi wode ŋɔdzi anyigbaa ŋu la ta.


Eyata Yehowa ŋue mia kple wò ha blibo la mietsi tre ɖo; ameka nye Aron, hafi miele eŋu lĩm?


Mide megbe le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka! Tete wotsyɔ mo anyi.


hena ŋkuɖoɖodzi na Israel-viwo, bena ame tutɔa ɖeke, amesi metso Aron ƒe dzidzimeviwo dome o la, magate va, be yeatɔ dzo dzudzɔdonu le Yehowa ŋku me, eye wòava me nɛ abe Korax kple eƒe ha la ene o; abe alesi Yehowa de se nɛ to Mose dzi ene.


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,


Le xɔse me wòɖo ŋutitoto kple ʋuhehlẽ anyi, bena ŋgɔgbeviawo wula la nagaka asi wo ŋu o.


Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu hafi, woƒe nu gblɔa dadalawo, eye wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.


Eye mese gbe gãa ɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa