Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena nyemele didim be, miaganyae o, noviwò, bena mía fofowo katã nɔ alilikpo la te, eye wo katã woto ƒu la me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:1
29 Mawu Ofanana  

mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o.


Ekeke alilikpo tsyɔ wo dzi, eye wòna dzo na zã me kɔ.


Etrɔ atsiaƒu wòzu ƒuƒuiƒe; afɔ wotsɔ tso tɔsisi lae; gama míekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu le!


Ekplɔ wo dedie, be womevɔ̃ o; ke woƒe tutɔwo la atsiaƒu nyẽ tsyɔ wo dzi.


Ke Israel-viwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe mia me.


Tete alilikpo tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ.


Eye amesiwo see la, agblɔe na anyigba sia dzitɔwo bena: Wo Yehowa ŋutɔ ena dukɔ sia dome, èɖe ɖokuiwò ba wo wokpɔ kɔte, eye wò alilikpo nɔ wo dzi; wò Yehowa ŋutɔ ezɔ wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me le ŋkeke me, eye nezɔ wo ŋgɔ le dzobibi me le zã me.


Woho tso Pihaxirot, eye wotso ƒu la heva gbedzi, eye wozɔ Etam-gbedzi ŋkeke etɔ̃ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Mara,


Mia fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woaɖo gbe ɖa le.


Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.


Elabena ne Mawu mekpɔ alɔ, siwo nye atia ƒe dzɔdzɔmetɔwo ƒe nublanui o la, makpɔ wò hã wò nublanui o!


Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã,


Ke le gbɔgbɔ me nunanawo ŋuti la, nɔviwò, nyemele didim be, mianye ame manyanuwo o.


Ke ne amea ɖe medze sii o la, negadze sii o!


Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.


amesi zɔ mia ŋgɔ le mo dzi, be yeafia afisi miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi, amesi zɔ dzo me le zã me, be yeafia mɔ, si miato la mi, eye wòzɔ alilikpo me le ŋkeke me.


Le xɔse me woto Ƒudzie la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene, nusi wɔwɔ Egiptetɔwo hã te kpɔ, eye woku ɖe tsi la me.


elabena Yehowa, mia Mawu, na Yordan me tsi la mie le mia ŋgɔ, eye mieto eme yi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, na Avaƒu la mie le mía ŋgɔ, eye mieto eme yi ene;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa