Ɖe fía aƒo adegbe ɖe amesi tsɔe le nu lãmee la ŋua? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe amesi le ehem la ŋua? Ɖe ati anye amesi fɔe ɖe dzi la ɖa? Eye ɖe atizɔti akɔ nusi menye ati o la dzia?
ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe.
Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.