Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena Xloeƒemetɔwo ɖee fiãm le mia ŋuti, nɔvinyewo bena, dzre le mia dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 1:11
19 Mawu Ofanana  

Esi Rebeka se via xoxoetɔ Esau ƒe nyawo la, ena woyɔ via ɖevitɔ Yakob vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nɔviwò Esau ɖo be, yeabia hlɔ̃ awu wò.


Esia nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wuiadre la, enɔa alẽwo kplɔm kple tɔviawo, siwo nye fofoa srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo, eye ne wowɔ nu vloea ɖe wose la, Yosef va gblɔnɛ na fotoa.


Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.


Bometsila ƒe nuyiwo dea dzre aƒe, eye eƒe nu yɔa ameƒoƒo ɖa.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamãa ɖeke naganɔ mia dome o; ke míazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.


Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye!


Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena.


elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?


Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi,


Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!


trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo,


Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabia le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mia nɔewo ŋu, eye miaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.


Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,


edoa eɖokui de dzi glodzo, eye menya naneke o, ke boŋ eléa anukutsyɔtsyɔwo kple nyaʋawɔwɔ ƒe do, eye nusiawo hea ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, nya vɔ̃ susu de ame ŋuti


Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa