Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 7:9 - Agbenya La

9 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 7:9
30 Mawu Ofanana  

David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”


eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o,


“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.


Nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.


O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.


Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o;


Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi.


Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo,


Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o, alo baa ame o. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ame kple ehavi dome.


“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba.


“ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.


Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!


O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Nu ka Yehowa di tso asiwò? Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.


Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ”


Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be,


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o.


“Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.


Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”


“Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”


“Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa