Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 4:9 - Agbenya La

9 “Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi, eye eƒe asi kee awu enu, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖom ɖe mia gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 4:9
18 Mawu Ofanana  

“Ale Sesbazar sia va ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe gbedoxɔ gɔme anyi ɖe Yerusalem, eya ta tso gbe ma gbe dzi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi, eye womekpɔ wu enu haɖe o.”


“Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia, nyemeƒo nu le bebeme o.” Esi wòva eme la, menɔ afi ma? Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ.


“ ‘Ke tso egbe, ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Mibu eŋu kpɔ:


“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.


Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”


Tete Yehowa ƒe gbe va nam be,


Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”


Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.


be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm.


Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi.


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa