Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 4:4 - Agbenya La

4 Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye me-xɔ edzi gblɔ na mawudɔla, si ƒo nu kplim la bena: Nye aƒetɔ, nusiawo gɔme ɖe?

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 4:4
11 Mawu Ofanana  

Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu.


Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?”


Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.”


Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.”


Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?” Meɖo eŋu be, “Ao, nye Aƒetɔ.”


Mebiae be, “Nu ka wònye?” Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.”


Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”


Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa