Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 4:2 - Agbenya La

2 Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèlé? Meɖo ŋu bena: Mele akaɖitia ɖe, si wolsɔ sika ɖeɖe wɔe la kpɔm; aminu le eta me, eye akaɖlgbɛ adre le eŋu, eye alɔ adre, siwo me to le la, le aka-ɖlgbɛawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 4:2
19 Mawu Ofanana  

Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu.


Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi


Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome.


Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã, tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to, tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,


Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.”


Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo.


Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.


Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.”


Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre.


Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.


Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa