Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 3:9 - Agbenya La

9 Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena woafɔ ŋku adre ɖe kpe, si metsɔ ɖo Yosua ŋku me la dzi; kpɔ ɖa, ma-ŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba sia ƒe voɖaɖa ɖa le ŋkeke ɖeka dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 3:9
34 Mawu Ofanana  

Azɔ la, nye aƒetɔ kple fia, Israel blibo la ƒe ŋku le dziwò be woanya ame si anɔ nye aƒetɔ, fia la ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eyome.


elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.”


Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.


Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe.


Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo.


Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene.


“Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene.


Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion, kpe si wodo kpɔ. Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o. Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o.


Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.


Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me, woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze gake womakpɔ ɖeke o eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo gake womakpɔ ɖeke o, elabena matsɔe ake ame susɔe siwo megblẽ ɖi.”


“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.


Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.” Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.”


“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”


Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!


Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.”


Eyae nye, “ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la, eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’


Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Zion. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi ase la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”


Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene.


Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi o, ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.


Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”


Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.


Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta.


Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene, eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui la titina. Nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa