Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 1:6 - Agbenya La

6 Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 1:6
46 Mawu Ofanana  

Yehowa wɔ nu si wòɖo, ena eƒe nya si wògblɔ ɖi gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme. Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe, ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo.


“Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.


“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.


Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.


Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”


Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’


Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?


Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o.


Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”


“Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’


Le afi ma la, miaɖo ŋku miaƒe nɔnɔme kple nu siwo katã miewɔ hegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo la dzi, eye ŋukpe alé mi ɖe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ta.


“Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me.


Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”


Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”


“Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum. Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o, miva ƒle nu ne miaɖu! Miva dze wain kple nyinotsi, menye kple ga o, ke boŋ femaxee.


Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’


Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o migbugbɔ bu eŋuti elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.


“Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta.


“Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta.


Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’ ”


“Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko.


eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe.


Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.


Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.”


“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene.


“Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe.


“Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me.


“Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’


Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi.


Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.


Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.


Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme.


nenema kee nye, nye nya si do le nye nu me, matrɔ agbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o; negbe ɖe wòwɔ nu si medi kple nu si ta medɔe ɖo la hafi.


Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o,


eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.


“Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa