Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 1:1 - Agbenya La

1 Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena:

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 1:1
17 Mawu Ofanana  

Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.


Azɔ la, Nyagblɔɖilawo Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimeviwo gblɔ nya ɖi na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, ame si nɔ wo dzi ɖum la ƒe ŋkɔ me.


Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ,


Ido, Gineton, Abiya,


Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to Hagai, nyagblɔɖila la dzi na Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã, Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi dzi.


le ɣleti adelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi. Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me,


Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,


Le ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Hagai be,


Yehowa ƒe gbe va na Hagai zi evelia le ɣletia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi be,


Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.


Yehowa ƒe gbe va nam be,


Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria.


Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.


Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa