Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 3:3 - Agbenya La

3 Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 3:3
15 Mawu Ofanana  

Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene.


Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.


Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.


“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi, ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”


“Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la, mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.” Yehowae gblɔe.


Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la,


Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi, amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo, eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya, elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.


“ ‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa.


Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ”


Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle, eye wonyrana wu amegaxi le zã me. Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ; ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o. Wosaa agba le futɔwo dzi abe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa