Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:8 - Agbenya La

8 “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon-viwo ƒe vloɖoɖo, wo amesiwo ɖe alɔme le nye ɖukɔ ŋu, eye woka ɖe eƒe anyigba ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:8
19 Mawu Ofanana  

Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui.


Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu: woatsrɔ̃ Ar le Moab, woagbãe le zã! Woatsrɔ̃ Kir le Moab, woagbã wo le zã!


Míese nu tso Moab ƒe dada, eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu, gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro,


Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome.


Tso Moab ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Baba na Nebo elabena azu aƒedo. Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe; woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.


Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyilawo mele esi oa? Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ? Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”


O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye


“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.


Yehowa ƒe nya va nam be,


Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.”


Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe.


Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa