Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:3 - Agbenya La

3 Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:3
44 Mawu Ofanana  

David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’


Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, midi eƒe ŋkume ɖaa.


Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo.


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!


Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò, tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ. Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ.


Do sɔ dziɖuɖutɔe le wò fianyenye me. Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me, na wò nuɖusi naɖe wò nuwɔwɔ dziŋɔwo afia.


Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi.


O! Mawu, esi nètso be yeatso afia, aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la, nu sia nu zi ɖoɖoe. Sela


Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.


miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu.


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.


gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.


Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;


Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’ ”


Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’ ”


Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o.


Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃; miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene, elabena azɔe nye Yehowa diɣi, be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi.


Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o.


Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.”


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome.


Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.


Le nyateƒe me la, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be ele alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu.


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ.


Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me. Eya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa