Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:2 - Agbenya La

2 hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi!

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:2
22 Mawu Ofanana  

Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?


Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.


Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.


“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.


Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.


Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”


Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo.


Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ ”


Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene.


Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.


eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.


“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa