Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:1 - Agbenya La

1 Miƒo ƒu! Miƒo ƒu! O, dukɔ si ŋu mekpena o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mi dukɔ, si ŋu mekpena o, miƒo takpli, eye mido dɔgɔ̃e,

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:1
15 Mawu Ofanana  

Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa.


wo katã wova ƒo ƒu ɖe ablɔ si dze ŋgɔ Tsigbo la me. Wogblɔ na agbalẽfiala Ezra be wòatsɔ Mose ƒe Segbalẽ, si Yehowa tsɔ na Israelviwo la vɛ.


Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”


Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe.


Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la, le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o, eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.


Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.


Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.


Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa