Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 1:5 - Agbenya La

5 ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu;

Onani mutuwo Koperani




Zefania 1:5
30 Mawu Ofanana  

elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o.


Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la.


Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o.


Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi.


Ke wogalé dukɔ siwo me wotso la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi kokoko.


Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko.


Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame?


Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.


Nye ŋutɔ meka atam. Nye nu gblɔ nya si mede megbe na, nya si womatrɔ gbeɖe o. Klo sia klo adze nam, eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue.


“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia. Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo, eye mietso Yuda ƒe dzidzime me. Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ, eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o.


Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome.


Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ”


Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.


Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.”


Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyilawo mele esi oa? Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ? Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”


Togbɔ be wogblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la, wole nu tam alakpatɔe kokoko.”


“Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo? Mia viwo gbem, eye wota mawu siwo menye mawu o togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la, wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me.


emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?


“ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ,


Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.


Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ. Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo. Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo, eye wòagbã woƒe legbawo.


“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawu siwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi,


“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.


Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa.


Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ”


Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi.


Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o.


Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa