Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 1:12 - Agbenya La

12 Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Le ɣemaɣi la matsɔ akaɖi atsa le Yerusalem, eye mahe to na amesiwo katã ɖo ƒã ɖi hele gbɔgblɔm le woƒe dzl me be: Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 1:12
19 Mawu Ofanana  

Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’


Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o.


Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.


Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”


ame siwo gblɔna be “Mawu newɔ kaba. Nedo tsɔtsɔe eƒe dɔ be miakpɔe; Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe aɖaŋudede neva kaba ne mianyae.”


Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o. Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene. Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o. Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”


“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.


Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ”


eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.”


Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’


Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.


Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia, woagblẽ eƒe kesinɔnu siwo wòdzra ɖo la katã dome.


Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa. Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?” Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”


Woagblɔ be, “Afi ka eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.”


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa