Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 1:1 - Agbenya La

1 Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Zefanya, Kus, amesi nye Xizkiya vi Amarya ƒe vi Gedalya ƒe vi la, le Yuda-fia Yosiya, Amon vi la ŋɔli.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 1:1
12 Mawu Ofanana  

Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe.


Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.


Manase ku, woɖii ɖe eƒe fiasã me eye Amon, Via ŋutsu, ɖu fia ɖe eteƒe.


Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me.


Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o.


Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.


Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma.


Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.


Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze.


Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa