Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 9:9 - Agbenya La

9 Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Woɖo ŋu nɛ bena: Wò dolawo tso anyigba didi booa ɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta, elabena miese eŋkɔ kple nusiwo katã wòwɔ le Egipte,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 9:9
21 Mawu Ofanana  

“Amedzro si metso wò dukɔ, Israel me o, ke wòtso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ ta,


Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia.


Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi, eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.


Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi. Amen, ɛ̃, Amen.


Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume le Egiptenyigba dzi, le Zoan nuto me.


Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.


Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo.


Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.


Le nyateƒe me, miayɔ dukɔ siwo mienya o la aƒo ƒu, eye dukɔ siwo mienya o la aɖe abla ava mia gbɔ le Yehowa, miaƒe Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ta, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na mi!”


“Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.


Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be,


Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii,


Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo.


Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo.


Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu.


kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu,


Nyateƒe la va dze go le ŋkeke etɔ̃ megbe be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe te ɖe Israelviwo ŋu kpokploe.


Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim,


Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa