Yosua 9:7 - Agbenya La7 Israelviwo gblɔ na Hivitɔ siawo be, “Aleke míawɔ hafi anya be menye teƒe kpui aɖee mietso o? Ne mietso kpuiƒe la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kpli mi o.” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19137 Tete Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xiwitɔwo bena: Ɖewohi miele mía dome; aleke wo hafi míabla nu kpli mi? Onani mutuwo |
Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.