Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 9:4 - Agbenya La

4 Eya ta woɖo be yewoaflu Yosua. Wodo agba na woƒe tedziwo kple kotoku xoxowo kple waingolo vuvuwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 woawo hã wɔ ayenu, eye wodzra mo dzi nuɖuɖu ɖo, wotsɔ kotoku xoxowo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotso weingolo xoxo vuvu, siwo woka,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 9:4
12 Mawu Ofanana  

Yakob ƒe viŋutsuwo ble Sekem kple Hamor; wowɔ nu madzɔmadzɔ sia ɖe nu si Sekem wɔ ɖe wo nɔvinyɔnu Dina ŋu ta.


Togbɔ be mele abe waingolo le dzudzɔ me ene hã la, nyemeŋlɔ wò sededewo be o.


“Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrawo dome. Midze aye abe dawo ene, eye midza abe akpakpawo ene.


Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”


Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”


“Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.”


Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu.


Waingolo siawo nye nu yeyewo, ke fifia la, wodo xoxo hevuvu. Míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le mɔzɔzɔ la ƒe didi kple sesẽ ta.”


Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai.


Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa