Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 9:11 - Agbenya La

11 eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyata miaƒe ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã gblɔ na mi bena: Mido mo dzi nuɖuɖu asi, miyi ɖakpe wo, eye migblɔ na wo bena: Miaƒe dolawo míenye, eyata mibla nu kpli mí!

Onani mutuwo Koperani




Yosua 9:11
9 Mawu Ofanana  

Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae,


Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.”


Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o.


“Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’ ”


kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu,


Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu.


Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.” Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa